Mawu kple Amegbetɔ ƒe Nublanuikpɔkpɔ
Yehowa nye nublanuikpɔla kple amenuvela, edoa dziku blewu, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ. Psalmo 103:8 Eya ta mikpɔ nublanui na mi abe alesi mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene. Luka 6:36
Agbalẽ Atɔã wo Eye esi wònɔ anyi kpoo la, ŋutsuawo lé eƒe asi kple srɔ̃a kpakple vianyɔnu eveawo ƒe asi; Yehowa kpɔ nublanui nɛ, eye wokplɔe do goe, eye wotsɔe de dua godo. Mose I, 19:16 Kpɔ ɖa, wò dɔla kpɔ amenuveve le ŋkuwòme, eye nèdo wò nublanuikpɔkpɔ, si nèɖe fiam le nye agbe ɖeɖe me la ɖe dzi; eye nyemate ŋu asi ayi to la dzi o, ne menye nenema o la, vɔ̃ aɖe nagaxɔm, eye maku o. Mose I, 19:19 Eye wògblɔ bena: Woakafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, amesi megblẽ nye aƒetɔ ƒe nublanuikpɔkpɔ kple eƒe nyateƒe la ɖi o. Mose I, 24:27 Nyemedze na nublanuikpɔkpɔ kple nyateƒe, siwo katã nèɖe fia wò dɔla la ƒe suetɔ o; elabena metsɔ nye atikplɔ to Yordan-tɔsisia; eye fifia mezu haƒoha eve. Mose I, 32:10 Ke Yehowa nɔ Yosef gbɔ, eye wòkpɔ nublanui nɛ, eye wòkpɔ nublanui nɛ le gaxɔdzikpɔla la ŋkume. Mose I, 39:21 Eye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nakpɔ nublanui na wò le ŋutsua ŋkume, ne wòaɖe nɔviwò kemɛ kple Benyamin ɖa. Ne vinyewo ku le ŋunye la, ke nye hã meku. Mose I, 43:14 Wòe le wò nublanuikpɔkpɔ me kplɔ dukɔ, si nèɖe la do goe, eye nèkplɔ wo le wò ŋusẽ me yi wò nɔƒe kɔkɔe la me. Mose II, 15:13 Eye mekpɔ nublanui na ame akpe geɖe, siwo lɔ̃m, eye woléa nye sededewo me ɖe asi. Mose II, 20:6 Eye nàtsɔ sika dzadzɛ awɔ nublanuikpɔnu, eƒe didime nanye abɔklugui eve kple afã, eye wòakeke abɔklugui abɔklugui ɖeka kple afã. Eye nàtsɔ sika awɔ kerubi eve, eye nàtsɔ ƒoƒoe awɔ wo le nublanuikpɔƒe la ƒe nugbɔ eveawo. Eye miwɔ kerubi ɖeka ɖe eƒe go ɖeka dzi, eye kerubi evelia ɖe eƒe go kemɛ dzi. Kerubiwo ado woƒe aʋalawo ɖe dzi, eye woatsɔ woƒe aʋalawo atsyɔ nublanuikpɔƒe la dzi, eye woƒe mo nakpɔ wo nɔewo; kerubiwo ƒe mo anɔ nublanuikpɔzikpui la gbɔ. Eye nàtsɔ nublanuikpɔnu la ada ɖe aɖaka la dzi; eye nàtsɔ ɖaseɖiɖi, si matsɔ ana wò la ade aɖaka la me. Eye mado go kpli wò le afi ma, eye maƒo nu kpli wò tso nublanuikpɔƒe la tame, tso kerubi eve siwo le ɖaseɖiɖiɖaka la dzi la dome, tso nu siwo katã matsɔ de se na wò na Israel-viwo la ŋuti. Mose II, 25:17 -22 Eye nàtsɔ nublanuikpɔnu la ada ɖe ɖaseɖiɖiɖaka la dzi le kɔkɔeƒe kɔkɔetɔ la. Mose II, 26:34