Skip to main content

Ewe - Stars in Scriptures (Stellar Astronomy)

Page 1

Ɣletivi Siwo Le Ŋɔŋlɔawo Me Ne mebu wò dziƒo, wò asibidɛwo ƒe dɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletivi, siwo nèɖo la ŋu; Nukae nye amegbetɔ, bena wò susu nɔa eŋu? kple Amegbetɔvi, be nàva srãe kpɔ? Psalmowo 8:3-4

Agbalẽ Atɔã wo Eye Mawu wɔ akaɖi gã eve; kekeli si lolo wu be wòaɖu ŋkeke dzi, eye kekeli suetɔ aɖu zã dzi: ewɔ ɣletiviwo hã. Mose I, 1:16 Eye wòkplɔe do goe hegblɔ bena: Kpɔ dziƒo, eye nàgblɔ ɣletiviwo ne àte ŋu axlẽ wo. Mose I, 15:5 Be matsɔ yayra ayra wò, eye madzi wò dzidzimeviwo ɖe edzi abe dziƒoɣletiviwo kple ke si le atsiaƒu to ene; eye wò dzidzimeviwo anyi eƒe futɔwo ƒe agbo la dome; Mose I, 22:17 Eye mana wò dzidzimeviwo nadzi ɖe edzi abe dziƒoɣletiviwo ene, eye mana dukɔ siawo katã wò dzidzimeviwo; eye woayra anyigbadzidukɔwo katã le wò dzidzimeviwo me; Mose I, 26:4 Eye wògaku drɔ̃e bubu, eye wògblɔe na nɔviawo bena: Kpɔ ɖa, megaku drɔ̃e ake; eye kpɔ ɖa, ɣe kple ɣleti kpakple ɣletivi wuiɖekɛawo de ta agu nam. Mose I, 37:9 Ðo ŋku Abraham, Isak kple Israel, wò dɔla, amesiwo nèka atam na wò ŋutɔ, eye nègblɔ na wo bena: Mana wò dzidzimeviwo nadzi ɖe edzi abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã, si ŋu meƒo nu tsoe la ana wò dzidzimeviwo, eye woanyi wo dome tegbee. Mose II, 32:13 Makpɔe, gake menye fifia o: Makpɔe, gake nyemegogo o: Ɣletivi aɖe ado tso Yakob me, eye Fiakplɔ aɖe ado tso Israel, eye wòaɖu Moab ƒe dzogoewo dzi, eye wòatsrɔ̃ Set-viwo katã. Mose IV, 24:17 Yehowa, mia Mawu na mi dzi ɖe edzi, eye kpɔ ɖa, egbe miele abe dziƒoɣletiviwo ene le agbɔsɔsɔ me. Mose V, 1:10 Eye ne èkpɔ ɣe kple dzinu kple ɣletiviwo, dziƒo-ʋakɔwo katã, be woade ta agu na wo, eye woasubɔ wo, si Yehowa, wò Mawu, ma na dukɔwo katã le dziƒo blibo la te. Mose V, 4:19 Fofowòwo yi Egipte kple ame blaadre vɔ ewo; eye azɔ Yehowa wò Mawu wɔ wò abe dziƒoɣletiviwo ene le agbɔsɔsɔ me. Mose V, 10:22


Turn static files into dynamic content formats.

Create a flipbook